Publicidade

João 19

23 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.

24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, "Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe."

Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be,

"Woma nye awuwo na wo nɔewo,

eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi."

Alea asrafoawo .

25 Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. 26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ be, "Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi."

27 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la be, "Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!" Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-