Srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana
1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. 3 Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, "Wain mele wo si o."
4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, "Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o."
5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, "Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ."
6 Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.
7 Yesu gblɔ na subɔlawo be, "Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ." Ale wowɔ nenema.
8 Egagblɔ na wo be, "Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la."
Wowɔ nenema. 9 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 eye wògblɔ nɛ be, "Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua."
11 Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.