Pular para o conteúdo
Publicidade

João 2

Srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo . 3 Esi wɔnawo edzi yim la, wain si nom ameawo la . Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ be, "Wain mele wo si o."

4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, "Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o."

5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, "Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ."

6 Azɔ tsizɔ ade teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.

7 Yesu gblɔ na subɔlawo be, "Midu tsi ɖe zɔwo katã me woayɔ." Ale wowɔ nenema.

8 Egagblɔ na wo be, "Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la."

Wowɔ nenema. 9 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 eye wògblɔ be, "Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ . Ke la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe le nuwuwua."

11 Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo edzi se.

12 Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo.

Yesu nya nudzralawo do goe le gbedoxɔ me

13 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem. 14 Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo teƒea ga ɖɔlim na amewo. 15 Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16 Egblɔ na ame siwo akpakpawo dzram la be, "Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la asimee o!"

17 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, "Lɔlɔ̃ na aƒe zu dzo ge ɖe menye."

18 Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, "Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia ?"

19 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe."

20 Yudatɔwo gblɔ be, "Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?" 21 Ke "gbedoxɔ" si ŋu Yesu nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22 Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã.

Yesu dze si amewo ƒe nɔnɔme

23 Dzesi siwo Yesu le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe eƒe ŋkɔ dzi se. 24 Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. 25 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.

Veja também