16 Yesu yɔe be, "Maria!"
Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, "Raboni!" (si gɔmee nye "Nufiala").
17 Yesu gblɔ nɛ be, "Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ."
18 Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, "Mekpɔ Aƒetɔ la," eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.