Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo
19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, "Ŋutifafa na mi." 20 Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.
21 Yesu gagblɔ na wo be, "Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm." 22 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, "Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o."