16 Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. 17 Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi. 18 Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o.
Publicidade