Pular para o conteúdo
Publicidade

Zekaria 3

Awu dzadzɛwo na nunɔlagã la

1 Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana afi ma tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime Yosua nu tsom. 2 Yehowa gblɔ na Satana be, "Yehowa ka mo na , Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na ! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?"

3 Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ. 4 Mawudɔla la gblɔ na ame siwo tsitre ɖe afi ma la be, "Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti."

Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ be, "Kpɔ ɖa, meɖe nu ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na ."

5 Tete megblɔ be, "Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta ." Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta , eye wotsɔ awu do esi Yehowa ƒe dɔla la tsitre.

6 Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua, 7 "Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.

8 " Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple kpeɖeŋutɔ siwo anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la . 9 Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

10 " Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava eƒe wainka kple gboti te.Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também