Publicidade

João 5

Yesu amewo le ta la to

1 Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2 Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. 3 Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ 4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]

5 Ŋutsu aɖe si lém la teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6 Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ be ele lém eteƒe didi. Ebiae be, "Èdi be lãme nasẽa?"

7 Dɔnɔ la ɖo eŋu be, "Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme."

8 Yesu gblɔ be, "Tso! Ŋlɔ aba ne nàzɔ azɔli!" 9 Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu nukunu sia le. 10 Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, "Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe be nàlé aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!"

11 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, "Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be makɔ nye aba."

12 Wobiae be, "Ame kae nye ame si gblɔ na be nàkɔ aba?"

13 Ŋutsu la menya ame si Yesu nye o, evɔ la, Yesu ge ɖe ameha si afi ma la dome. 14 Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ be, "Kpɔ ɖa, lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ."

15 Ŋutsu la dzo, eye wòyi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.

Vi la ƒe ŋusẽ

16 Esi Yesu gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie. 17 Yesu gblɔ na wo be, "Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye mele wɔm."

18 Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui kple Mawu.

19 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la la, eyae Via wɔna. 20 Elabena Fofo la ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe. 21 Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. 22 Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, 23 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la ŋu o.

24 "Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. 25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe. 26 Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via me, 27 eye wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabena eyae nye Amegbetɔ Vi la.

28 "Esia megawɔ nuku na mi o, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi ame kuku siwo le woƒe yɔdowo me la ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, 29 eye woado go, ame siwo nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu ̃ɖi wɔlawo.

30 "Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.

Ɖaseɖiɖiwo tso Yesu ŋu

31 "Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. 32 Ame bubu aɖe li si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋunye nye nyateƒe.

33 "Miawo la, miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye eƒe ɖaseɖiɖi ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34 Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe. 35 Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.

36 "Nye la, ɖaseɖiɖi si wu Yohanes la le asinye. Elabena si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã. 37 Eye Fofo la, ame si dɔm la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe kpɔ alo kpɔe kpɔ o. 38 Eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖo ɖa la dzi se o. 39 Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye, 40 gake miegbe be yewomava gbɔnye, ale be mana agbe mavɔ mi o.

41 "Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, 42 gake menya mi, eye menya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele miaƒe dziwo me o. 43 Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe. 44 Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka ̃ɔ la gbɔ o?

45 "Migasusu be matso mia nu na Fofo la o, ke boŋ Mose, ame si dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖo lae le mia nu tso ge. 46 Ne miexɔ Mose dzi se la, miaxɔ nye dzinye ase, elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye. 47 Gake esi miexɔ Mose ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-