27 Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo."
28 Ameawo biae be, "Nu ka míawɔ be míawɔ dɔ siwo Mawu di?"
29 Yesu ɖo eŋu be, "Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase."