6 Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
7 Filipo ɖo eŋu nɛ be, "Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!"
8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ be, 9 "Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?"
10 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Mina ame sia ame nanɔ anyi." Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000) la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi. 11 Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.
12 Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o." 13 Ale woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu, eye wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.