Publicidade

João 8

1 Yesu dzo yi Amito la dzi.

Nyɔnu si wolé le ahasiwɔwɔ me

2 Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo. 3 Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la , eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina, 4 eye wogblɔ na Yesu be, "Nufiala, míelé nyɔnu sia asiasii wònɔ ahasi wɔm. 5 Mose ƒe se la gblɔ be, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee wòaku. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?"

6 Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba. 7 Esi woganɔ fu ɖem kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ dzi gblɔ na wo be "Mia dometɔ si mewɔ nu ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!" 8 Esi Yesu gblɔ nya siawo la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba.

9 Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ. 10 Yesu ta dzi bia nyɔnu la be, "Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe oa?"

11 Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Ao, Aƒetɔ."

Yesu gblɔ be, "Nye nyemebu o; heyi, eye tso esia dzi, la mègawɔ nu ̃ azɔ o."]

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-