Pular para o conteúdo
Publicidade

Yosua 5

Aʋatsotso le Gilgal

1 Esi Amoritɔwo, ame siwo Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.

2 Yehowa gblɔ na Yosua be, "Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã." 3 Yosua ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ. 4 Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte. 5 Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o. 6 Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, "Anyigba si dzi notsi kple anyitsi ɖo" la dzi o. 7 Ale Yosua tso aʋa na wo viŋutsuwo, ame siwo tsi va ɖe wo fofowo teƒe la azɔ.

8 Esi wotso aʋa na ŋutsuawo la, dukɔ blibo la ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku. 9 Yehowa gblɔ na Yosua be, "Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa," eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, "Ɖeɖeɖa."

10 Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ. 11 Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã. 12 Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo.

Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosua

13 Esime Yosua teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ dzi ko la, ame aɖe si yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, "Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?"

14 Ŋutsu la ɖo eŋu be, "Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye." Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ be, "dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?"

15 Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ be, "Ɖe afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!" Yosua nu si Aʋafia la ɖo , heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também