4 Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃. 5 Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, "Debora ƒe Deti," le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.
6 Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, "Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. 7 Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’ "
8 Barak ɖo eŋu nɛ be, "Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o."
9 Debora ɖo eŋu nɛ be, "Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu." Ale Debora yi Kedes kple Barak,