Publicidade

Juízes 5

Debora ƒe hadzidzi

1 Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti.

2 "Mikafu Yehowa!

Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe.

Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe!

Ɛ̃, mikafu Yehowa!

3 "Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo,

mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu,

tso Israel ƒe Mawu la ŋu.

4 Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir

Heto Edom ƒe anyigba dzi la,

anyigba dzo nyanyanya,

dziƒo nu ʋu eye tsi dza.

5 Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe

le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!

6 "Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me,

asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o.

Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ.

7 Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo.

Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada.

8 Esime Israel dze mawu bubuwo yome la,

futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu.

Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o

womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura

le Israelvi akpe blaene dome o!

9 Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta,

ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa!

Mikafu Yehowa!

10 "Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa,

hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo

ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi

kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa,

mikpe ta, miakafui.

11 Hadzila siwo le kɔƒewo me,

ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ

dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti.

Wodzia ha enuenu

tso ale si Yehowa ɖe Israel

kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu!

Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me!

12 Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha!

Oo, Barak, tsi tsitre!

Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe!

13 "Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ;

Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ.

14 Wotso Efraimnyigba dzi va balimea

le Benyamin ƒe viwo megbe.

Aʋakplɔlawo va tso Makir

aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon

15 Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak,

ɖiɖi ɖe balime la

le Mawu ƒe ɖoɖo nu.

Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o.

16 Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ

be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum?

Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome:

ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia?

17 Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo

Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ?

Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta

dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo?

18 Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo

tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi.

19 Kanaan fiawo wɔ aʋa

le Taanak kple Megido vudowo gbɔ,

ke womeɖu futɔwo dzi o.

20 Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo

wɔ aʋa kple Sisera.

21 Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo

kplɔ wo dzoe.

Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!

22 Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa!

Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa!

23 Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo

elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu

wɔ aʋa kple futɔwo o.’

24 "Woayra Yael,

Heber, Kenitɔ la srɔ̃

woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te.

25 Sisera bia tsii

eye wòna nyinotsii

eye wòtsɔ nyinotsi babla

ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ.

26 Edo eƒe asi ɖa

tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi

tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu,

edae ɖe Sisera dzi

hegbã ta nɛ,

eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu

27 Sisera dze anyi

ɖe Yael ƒe afɔ nu

etsi afi si wòdze anyi ɖo.

Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu,

afi si wòmu ɖo la,

afi mae wòdze anyi ɖo

eye afi mae wòku ɖo.

28 "Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm

tso fesrenuvɔ la megbe

edo ɣli be,

‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o?

Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’

29 Eƒe nyɔnu ɖeka si dze

nunya wu wo katã la,

ɖo eŋu nɛ, vavã,

enɔ gbɔgblɔm na eɖokui

ɣe sia ɣi be,

30 ‘Ɖe menye afunyinu

geɖe lɔm wole hele mamam

nyɔnuvi ɖeka alo eve

na ŋutsu ɖe sia ɖe,

atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera

abe nuhaha ene,

atsyɔ̃ɖowu siwo to

wolɔ̃ nu ɖo,

wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie

be woadze kɔme nam

eye esiawo katã nanye

nuhaha oa?’

31 "Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema

ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la,

na be woanɔ abe ɣe ene

ne edze le eƒe ŋusẽ me!"

Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-