Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 15:1-7

Lododo le alẽ bubu la ŋuti

1 Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃ wɔla dovowo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe. 2 Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã.

3 Esia na be Yesu do lo sia na wo be, 4 "Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? 5 Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. 6 Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la.

7 "Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.