Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 20

Wobia nya Yesu le eƒe ŋusẽtsoƒe ŋuti

1 Esi Yesu nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2 Wogblɔ be, "Gblɔe na , ŋusẽ kae nètsɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia ?"

3 Eɖo eŋu be, "Nye mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4 Biabia lae nye, Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ "

5 Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, "Ne míegblɔ be, Etso dziƒola, abia be, Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?6 Ne míegblɔ be, Amewo gbɔ wòtso la,ekema ameha la katã awɔ funyafunya , elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila."

7 Mlɔeba la woɖo eŋu be, "Míenya afi si wòtso o."

8 Ale Yesu gblɔ na wo be, "Ekema nye nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ nu siawo la na mi o."

Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋu

9 Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, "Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10 Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la . Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11 Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu. 12 Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe.

13 "Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.

14 "Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía .15 Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu."

Yesu bia ameha la be, "Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16 Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te."

Nyaselawo alo ameha la gblɔ be, "Kpao, meganɔ nenema o!"

17 Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, "Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be,

" Kpe si xɔtulawo gbe la,

eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa?"

18 Egblɔ kpe ɖe eŋu be, "Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu."

19 Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.

Nudzɔdzɔ na Kaisaro

20 Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe . 21 Wova Yesu gbɔ va gblɔ be, "Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. 22 Azɔ gblɔ susu na tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o."

23 Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo la dze sii, eya ta wògblɔ be, 24 "Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?"

Woɖo eŋu be, "Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae."

25 Egblɔ na wo be, "Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro la , eye mitsɔ nu si nye Mawu la na Mawu!"

26 Ale si wotre be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe

27 Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la 28 va Yesu gbɔ kple nya sia be, "Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la . 29 Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre . Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30 Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31 Ke etɔ̃lia ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32 Nyɔnua va ku mlɔeba. 33 Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!"

34 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. 35 Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe o. 36 Womagaku o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.

37 "Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose ̃ gblɔe fia le ŋuve mumu si bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.38 Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe ."

39 Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, "Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!" 40 Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o.

Ame ka vie nye Kristo

41 Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, "Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? 42 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,

" Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be,

"Bɔbɔ nye nuɖusime,

43 va se ɖe esime matsɔ ketɔwo

awɔ afɔɖodzinu." 

44 David yɔe be, AƒetɔAleke wòaganye via?"

Yesu xlɔ̃ nu nusrɔ̃lawo le agbalẽfialawo ŋuti

45 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la to ɖomii, eye wògblɔ na wo be, 46 "Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. 47 Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também