Lododo le vi bubu la ŋuti
11 Yesu yi edzi gblɔ be, "Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. 12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.
13 "Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.
20 "Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna." Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
22 "Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 24 Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.