Lododo le vi bubu la ŋuti
11 Yesu yi edzi gblɔ be, "Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. 12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.
13 "Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. 14 Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. 15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. 16 Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o.
17 "Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! 18 Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, "Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò, 19 eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene." ’
20 "Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna." Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
21 "Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’
22 "Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 23 Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. 24 Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.