Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 15:12-14,16-18,20

12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.

13 "Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. 14 Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. 16 Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o.

17 "Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! 18 Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, "Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò,

20 "Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna." Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.