22 Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o."
23 Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be, 24 "Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?"
Woɖo eŋu nɛ be, "Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae."
25 Egblɔ na wo be, "Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!"