Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 23:39-43

39 Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, "Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue."

40 Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, "Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea? 41 Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o." 42 Eyi edzi be, "Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me."

43 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim."

Yesu ƒe ku

(Mateo 27:45-56; Marko 15:33-41; Yohanes 19:28-30)

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.