Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 5

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

1 Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. 2 Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. 3 Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma.

4 Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, "Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe fũu."

5 Simɔn ɖo eŋu be, "Amegã, egbe bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la."

6 Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! 7 Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli wo nɔvi siwo ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ ̃ .

8 Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, "O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu ̃wo gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o." 9 Elabena geɖe si woɖe la nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. 10 Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo .

Yesu gblɔ na wo be, "Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!"

11 Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.

Veja também