Publicidade

Marcos 1

Yohanes ɖe gbeƒã Kristo la

1 Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi. 2 Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be,

"Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be

wòadzra la ɖo,

3 ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be,

Midzra Yehowa ƒe ɖo,

miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe .’ "

4 Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi, eye wònɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu ̃wo ake wo. 5 Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me. 6 Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

7 Egblɔ na eƒe nyaselawo be, "Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka ̃ o. 8 Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!"

Yohanes de mawutsi ta na Yesu

9 Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta le Yɔdan tɔsisi la me. 10 Esi Yesu dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si akpakpa ƒe nɔnɔme me la ɖiɖim ɖe edzi. 11 Gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, "Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, me mekpɔa ŋudzedze le."

Abosam te Yesu kpɔ

12 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dui wòyi gbedzi. 13 Enɔ gbea dzi ŋkeke blaene, eye Satan va tee kpɔ. Enɔ wɔadãwo dome, eye mawudɔlawo va do ŋusẽe to subɔsubɔ me.

la ƒe gɔmedzedze le Galilea

14 Esi Fia Herod Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.

15 Eɖe gbeƒã be, "Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu."

Yesu nusrɔ̃la gbãtɔ eneawo

16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.

17 Yesu wo hegblɔ na wo be, "Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo." 18 Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome. 19 Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes wonɔ ʋu me woƒe ɖɔwo sam. 20 Eyɔ woawo be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake.

Yesu ŋutsu gbɔgbɔ ̃ aɖe

21 Yesu kple ame siwo eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma. 22 Ame siwo ƒuƒoƒea la ƒe mo yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.

23 Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ ̃ la ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24 "Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la."

25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, "Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme." 26 Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme.

27 Nuwɔna sia nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ ̃wo eye woɖoa toe.

28 Nu si Yesu la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.

Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu

29 Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me, 30 Ŋudza Simɔn ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31 Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.

32 Esi ɣe to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu. 33 Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu. 34 Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe na gbɔgbɔ ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye.

Mawunyagbɔgblɔ le duwo me

35 Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. 36 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. 37 Esi wokpɔe la, wogblɔ be, "Aƒetɔ, ameha la le diwòm."

38 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Ele be míayi du bubuwo me be magblɔ nyanyui la na woawo , elabena esia ta meva ɖo." 39 Ale wòzɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ ̃wo de gae la .

Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu

40 Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, "Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ."

41 Anyidzela la ƒe nu nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ be, "Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ." 42 Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.

43 Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be, 44 "Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene." 45 Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-