Yesu yɔ nusrɔ̃la gbãtɔ eneawo
16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.
17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, "Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo." 18 Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome.