23 Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24 "Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la."
25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, "Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme." 26 Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme.