Publicidade

Marcos 11

Yesu yi Yerusalem

1 Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.

2 Egblɔ na wo be, "Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe . 3 Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee la, migblɔ ko be, Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ "

4 Nusrɔ̃la eveawo dze , eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la, 5 ame siwo tsitre ɖe afi ma la bia wo be, "Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?"

6 Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo.

7 Ale wokplɔ tedzivi la na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe. 8 Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi fũu. 9 Eya ŋutɔ titina, ame aɖewo eŋgɔ, eye ɖewo eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be,

"Hosana!"

"Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me."

10 "Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David

ƒe fiaɖuƒe la na !"

"Hosana le dziƒo ʋĩi."

Yesu ƒo fi de gboti aɖe

11 Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena dodom.

12 Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, wu Yesu le mɔa dzi. 13 Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi , gake aŋgbawo koe ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.

14 Yesu ƒo fi de ati la be, "Ame aɖeke magaɖu kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o." Nusrɔ̃lawo se nya si wògblɔ la.

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

15 Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo, 16 eye meɖe be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.

17 Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, "Ɖe womeŋlɔe ɖi be, Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa? Gake miawo mietsɔe fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ "

18 Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.

19 Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.

Nusɔsrɔ̃ tso gboti si yrɔ la ŋu

20 Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu. 21 Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, "Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!"

22 Yesu ɖo eŋu be, "Mixɔ Mawu dzi se. 23 Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu meeye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme . 24 Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si . 25 Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo natsɔ miaƒe nu ̃wo ake mi. [ 26 Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo matsɔ miaƒe nu ̃wo ake mi o.]"

Nyahehe tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu

27 Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28 "Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia ?"

29 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo miɖo nye biabia sia ŋu nam. 30 Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!"

31 Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, "Ne míegblɔ be, Etso dziƒola, abia be, Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?32 Gake ne míegblɔ be, Amewo gbɔ wòtso la" (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)

33 Esia ta wogblɔ be, "Míenya o."

Yesu gblɔ na wo be, "Ekema nye nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-