Publicidade

Salmos 37

David ƒe ha.

1 Mègadzo nyanyanya le ame ̃ɖiwo ta,

alo aʋã ŋu nu tovo wɔlawo o

2 elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene,

eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe.

3 Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui;

anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.

4 Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu

siwo dzi di la .

5 Tsɔ mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me;

ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na .

6 Ana dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene,

eye dzɔdzɔenyenye ƒe abe ŋdɔkutsuɣe ene.

7 Zi kpoo le Yehowa ŋkume,

eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.

Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,

eye wote ŋu nu ̃ɖi siwo woɖo la,

mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.

8 Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de dɔmedzoe,

ŋɔ megadzi o,

elabena nu ̃ɖi me ko wòakplɔ ayii.

9 Woatsrɔ̃ ame vlowo

gake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de

Yehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome.

10 Esusɔ vie ko ame ̃ɖi la maganɔ anyi o,

togbɔ be àdi wo la, màkpɔ wo o.

11 Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome,

eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta.

12 Ame ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe

ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.

13 Ke Aƒetɔ la le ame ̃ɖiwo kom,

elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.

14 Ame ̃ɖiwo ɖe woƒe yi,

eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔ

kple ame dahe aƒu anyi,

eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to ɖeka.

15 Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo,

eye woƒe datiwo aŋe.

16 Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wu

kesinɔnu gbogbo siwo le ame ̃ɖiwo si,

17 elabena woaŋe ame ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ,

ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te.

18 Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la

ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa,

eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe.

19 Le ŋkeke ̃wo dzi la, womalũ o;

le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya.

20 Ke ame ̃ɖi ya atsrɔ̃.

Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene,

woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi,

woabu abe dzudzɔ ene.

21 Ame ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o,

ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.

22 Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome,

ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa.

23 Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la,

elia ke eƒe afɔɖeɖewo;

24 ne ekli nu la, madze anyi o

elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te.

25 Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi,

gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo,

alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.

26 Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi,

eye wodoa nugbana na amewo faa;

eya ta wo viwo axɔ yayra.

27 Tsri nu ̃ɖi, eye nàwɔ nyui

ekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe.

28 Elabena Yehowa ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo,

eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o.

Akpɔ wo ta tegbee,

ke ame ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.

29 Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome,

eye wòanɔ edzi tegbee.

30 Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me,

eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe.

31 Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me,

eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o.

32 Ame ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo,

eye wole woƒe ku dim;

33 gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te,

alo wòaɖe be, woabu wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o.

34 Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu,

eye nàlé eƒe ɖe asi.

Ado ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome.

Ne woatsrɔ̃ ame ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.

35 Mekpɔ ame ̃ɖi,

ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie

abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene.

36 Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o;

togbɔ be medii la, nyemeke ɖe eŋuti o.

37 Bu ame maɖifɔ la ŋu,

eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,

elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã.

38 Ke woatsrɔ̃ nu ̃ wɔlawo katã,

eye woaɖe ame ̃ɖi la ɖa.

39 Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ,

eye eyae nye woƒe sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me.

40 Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me;

eɖea wo tso ame ̃ɖiwo ƒe asi me,

eye wòkpena ɖe wo ŋu,

elabena eyae wosi tso.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-