Publicidade

Salmos 13

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?

Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika?

Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?

2 Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu,

eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me?

Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?

3 Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam,

O! Yehowa, nye Mawu.

Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi,

ne menye nenema o la,

madɔ alɔ̃ ayi ku me.

4 Ekema nye futɔwo agblɔ be,

"Meɖu edzi," eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.

5 Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu,

nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.

6 Madzi ha na Yehowa,

elabena ewɔ nyui nam.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-