Publicidade

Salmos 20

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me;

Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.

2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la,

eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.

3 Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi,

eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela

4 Nena nu si wò dzi di la wò,

eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò.

5 Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi

le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.

Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.

6 Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina,

etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la

kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.

7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu,

eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu,

ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa,

míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.

8 Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi,

ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.

9 O! Yehowa, xɔ na fia la!

Tɔ na mí ne míeyɔ wò!

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-