Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 137

1 Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ,

hɛnɔ avi fam,

esi míeɖo ŋku Zion dzi.

2 Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku

amuti siwo le afi ma,

3 elabena afi mae ame siwo ɖe

aboyo la bia ha tso mía si le;

ame siwo fu la bia

dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be,

"Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na !"

4 Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo

le dzronyigba dzi?

5 O! Yerusalem, ne meŋlɔ be la,

nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be,

6 eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me,

ne nyemeɖo ŋku dziwò o,

ne nyemebu Yerusalem,

nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o.

7 O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo la dzi,

gbe si gbe wogbã Yerusalem.

Wodo ɣli be, "Mimui ƒu anyi,

migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!"

8 O! Babilonia vinyɔnu,

woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃,

woayra ame si aɖo nu si nèwɔ

la teƒe na ,

9 ame si alé vidzĩwo

axlã ɖe agakpewo.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também