Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 11

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Yehowae mesi tso.

Aleke miele gbɔgblɔm nam be,

"Dzo abe xevi ene nàyi ɖe to dzi?

2 Elabena kpɔ ɖa, ame ̃ɖiwo he woƒe da me;

wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be

woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.

3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la,

nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?"

4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me;

Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo.

Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu,

eye wòdo wo kpɔ.

5 Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna,

ke eƒe luʋɔ tsri ame ̃ɖiwo

kple ame siwo ̃a ŋutasesẽ.

6 Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe

ame ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo gome.

7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ;

ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também