Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 98

Hadzidzi.

1 Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo;

eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la ɖeɖedɔ .

2 Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu

le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.

3 Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃

kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la,

eye anyigba ƒe mlɔenu ke

kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.

4 Mi anyigbawo katã,

mido dzidzɔɣli na Yehowa,

migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo.

5 Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku,

mitsɔ kasaŋku, hadzidzi,

6 kpẽkuku kple lãdzokuku

kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.

7 Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli,

anyigba kple edzinɔlawo katã .

8 Mina tɔsisiwo naƒo asikpe,

eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.

9 Wonedzi ha le Yehowa ŋkume,

elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la.

Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me

kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também