Publicidade

Salmos 100

Hadzidzi Akpedaha.

1 Mi anyigbawo katã,

mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu.

2 Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ,

eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.

3 Minyae be Yehowae nye Mawu.

Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ,

eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.

4 Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,

eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;

mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.

5 Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa;

nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi

tso dzidzime yi dzidzime.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-16_18-40-07-