Publicidade

Salmos 12

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu.

1 Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o,

eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome.

2 Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi,

eye wovivia nu me,

elabena woƒe nuyiwo blea ame.

3 Yehowa nelã beblenuyiwo katã

kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi

4 hegblɔna be, "Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo,

míaƒe nuyiwo nye mía tɔ,

ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?"

5 Yehowa be, "Esi wotea ame gblɔewo ɖe to,

eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ.

Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me."

6 Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o,

wole abe klosalo si wololo le anyikpo me,

eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

7 Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me,

eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.

8 O! Yehowa, àna míanɔ dedie,

eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-