Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 129

Mɔzɔha.

1 Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke.

Israel negblɔ be,

2 "Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke,

gake womeɖu dzinye o.

3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe,

eye woɖe boliƒowo wodidi,

4 gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ,

etso kam tso ame ̃ɖiwo ƒe babla me."

5 Na be ame siwo katã tsri Zion la,

nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

6 Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene,

gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.

7 Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo,

alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.

8 Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be,

"Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò;

míeyra le Yehowa ƒe ŋkɔ me" o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também