Publicidade

Salmos 23

David ƒe ha.

1 Yehowae nye kplɔnyela,

eya ta naneke mahiãm o.

2 Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,

eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,

3 hena nye luʋɔ gbɔ agbe.

Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe

mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.

4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,

nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,

elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti

kple atikplɔ faa akɔ nam.

5 Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume.

Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.

6 Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme

le nye agbemeŋkekewo katã me,

eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-