Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 58

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe "Mègagblẽ nu o" ƒe gbeɖiɖi nu.

1 Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea?

Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?

2 Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me,

eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi.

3 Ame ̃ɖiwo tra tso keke woƒe vidzĩ me ke,

eye tso wo dadawo ƒe me ke,

wodze aglã, hedaa alakpa.

4 Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene.

Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,

5 eye ne gbesala ɖe gbe la, mewɔa edzi o;

aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee la, mesenɛ o.

6 O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo,

O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!

7 Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene.

Ne wovu woƒe dawo me la,

woƒe aŋutrɔwo nu netsi.

8 Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene.

Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.

9 Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ,

eɖanye mumua, alo ƒuƒua o,

woakplɔ ame ̃ɖi la adzoe.

10 Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ,

ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu,

eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe

ame ̃ɖiwo ƒe ʋu me.

11 Ekema amewo agblɔ be,

"Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe,

eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também