Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 72

Ha na Solomo.

1 O! Mawu, tsɔ afia nyui tsotso do na fia la,

kple dzɔdzɔenyenye na fiavi la.

2 Adrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me,

eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la.

3 Towo atsɔ kesinɔnuwo na dukɔ,

eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse na wo.

4 Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta,

axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo,

eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.

5 Zi ale si ɣe kple ɣleti li la,

anɔ te le dzidzimewo katã me.

6 Anɔ abe tsidzadza ɖe anyigba si dzi woƒo gbe le

kple agbafie si dza ɖe anyigba hede tsii ene.

7 Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me,

eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.

8 Aɖu fia tso atsiaƒu ƒe go sia dzi ayi go kemɛ dzi,

tso tɔsisi to ase ɖe anyigba la ƒe mlɔenuwo ke.

9 Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu ,

eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.

10 Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ ,

eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo .

11 Fiawo katã ade ta agu ,

eye dukɔwo katã asubɔe,

12 elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam

kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.

13 Akpɔ nublanui na ame gblɔewo kple hiãtɔwo,

eye wòaɖe ame dahewo tso ku me.

14 Aɖe wo le teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me,

elabena woƒe ʋu asi le eŋkume.

15 Fia la nenɔ agbe tegbee!

Wonetsɔ Seba sika .

Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa,

eye wòayra ŋkeke blibo la.

16 Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi;

eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi.

Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene,

eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.

17 Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa,

eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm.

Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi,

eye woayɔe be yayratɔ.

18 Woakafu Yehowa Mawu,

Israel ƒe Mawu la,

eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.

19 Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe

le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me;

eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi.

Amen, ɛ̃, Amen.

20 Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também