Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 87

Korah ƒe viwo ƒe ha.

1 Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.

2 Yehowa ̃ Zion ƒe agbowo

wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.

3 O! Mawu ƒe du,

wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela

4 "Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe

ame siwo nyam la dome,

nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti,

magblɔ be, Wodzi esia le Zion.’ "

5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be,

"Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma,

eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi."

6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be,

"Wodzi esia le Zion." Sela

7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be,

"Nye agunuwo katã le mewò."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também