Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 45

Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu.

1 Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me

esi mele ha sia kpam na fia la,

eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.

2 Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã,

wotsɔ amenuveve si ami na nuyi,

elabena Mawu yra tegbee.

3 O! Kalẽtɔ, tsɔ yi ta ɖe ali,

eye nàtsɔ atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.

4 Do dziɖuɖutɔe le fianyenye me.

Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me,

na nuɖusi naɖe nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.

5 Na aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi,

eye na dukɔwo nadze anyi ɖe afɔ nu.

6 O! Mawu, fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.

7 Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu ̃ɖi wɔwɔ;

eya ta Mawu, Mawu la

ɖo nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ

ƒe amisisi na me.

8 Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le awuwo me.

Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le nyiɖufiasawo me.

9 Fiavinyɔnuwo le nyɔnu bubumewo dome,

eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nuɖusime.

10 O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi.

Ŋlɔ dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.

11 tugbedzedze ɖe fia la dzi ŋutɔ,

eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye aƒetɔ.

12 Tiro vinyɔnu atsɔ nunana ,

eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò.

13 Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe me;

eye wotsɔ sika ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.

14 Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka,

eye wokplɔe va fia la gbɔe;

eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo,

eye wokplɔ wo na .

15 Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me,

ale woge ɖe fiasã la me.

16 Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe,

eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi.

17 Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me,

eya ta dukɔwo akafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também