Publicidade

Salmos 67

Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1 Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí,

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela

2 Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi

kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.

3 O! Mawu, dukɔwo akafu wò,

anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.

4 Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye,

elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me,

eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela

5 Mawu, dukɔwo katã akafu wò;

wòe dukɔwo katã akafu.

6 Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu,

míaƒe Mawu la ayra mí.

7 Mawu ayra mí, eye anyigba

ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-