Publicidade

Salmos 128

Mɔzɔha.

1 Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa,

ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.

2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse,

eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.

3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me;

viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.

4 Kpɔ ɖa, aleae woyraa

ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.

5 Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me,

eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.

6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo.

Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-16_06-50-08-