Publicidade

Salmos 75

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe "Mègagblẽ nu o" ƒe gbeɖiɖi nu.

1 O! Mawu, míeda akpe na wò,

míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ,

eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.

2 Ègblɔ be, "Meɖo ɣeyiɣi da ɖi,

elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.

3 Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la,

nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela

4 Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be,

‘Midzudzɔ dada,’

eye na ame vɔ̃ɖi be,

‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.

5 Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o,

eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ "

6 Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe,

ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,

7 ke boŋ Mawue nye afiatsola,

eɖea ame sia le zi dzi,

eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.

8 Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me,

wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme;

ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi,

wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.

9 Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be;

madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;

10 maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo,

ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-