David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, "Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?"
1 Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ,
tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.
2 O! Mawu, se nye gbedodoɖa,
eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu.
3 Amedzrowo tso ɖe ŋunye,
ŋutasẽlawo ti nye agbe yome,
ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela
4 Mawu nye nye xɔnametɔ vavã,
Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.
5 Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi,
tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.
6 Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò,
O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.
7 Eɖem tso nye xaxawo katã me,
eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.