Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 140

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 O! Yehowa, ɖem tso ame ̃ɖiwo ƒe asi me

eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

2 ame siwo ɖoa nu ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me,

eye wodoa aʋa gbe sia gbe.

3 Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da ene,

eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela

4 O! Yehowa, ɖem tso ame ̃ɖiwo ƒe asi me,

dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye.

5 Dada tre da ɖe ɣaɣlaƒe nam,

woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam

eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela

6 O! Yehowa, megblɔ na be,

"Wòe nye nye Mawu."

See, o Yehowa,

se nye nublanuiɣli.

7 O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ,

ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.

8 O! Yehowa, mègana ame ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o,

eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o,

ne menye nenema o la, woanɔ dadam. Sela

9 Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem

ƒe nuyiwo he la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.

10 Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi;

wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me

kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.

11 Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o,

eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.

12 Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo,

eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.

13 Ame dzɔdzɔewo akafu ŋkɔ vavã,

eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também