Publicidade

Salmos 150

1 Miakafu Yehowa.

Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.

Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.

2 Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.

Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.

3 Mitsɔ kpẽkuku kafui.

Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.

4 Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.

Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.

5 Mikafui kple ayawagba eve

siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.

Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve

siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.

6 Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.

Mikafu Yehowa!

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-16_18-40-07-