Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 43

1 O! Mawu, tso afia nam,

eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome,

ɖem tso ame ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.

2 Wòe nye Mawu, nye sesẽ.

Nu ka ta nègbem ɖo?

Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam

le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?

3 Ɖo kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm;

na woakplɔm ayi ɖe to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.

4 Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ,

Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ.

O! Mawu, nye Mawu, makafu kple kasaŋku.

5 O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também