Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 52

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, "David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me."

1 Nu ka ta nètsɔ nu ̃ɖi le adegbe ƒom, kalẽtɔ?

Nu ka nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la,

ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?

2 aɖe le gbegblẽ ɖom;

èle abe ɖaɖɛ ene, alakpatɔ.

3 Èlɔ̃ ̃ wu nyui,

èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. Sela

4 O! alakpaɖe,

èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!

5 Vavã, Mawu aƒu anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me.

Mawu ahe ado goe tso agbadɔ me,

aho kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela

6 Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃;

woakoe ahagblɔ be,

7 "Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu eƒe sesẽ o,

ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu,

eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!"

8 Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene.

Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

9 Makafu tegbee le nu si nèwɔ la ta;

matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade ŋkɔ me,

elabena ŋkɔ nyo.

Makafu le ame kɔkɔewo ŋkume.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também