Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 76

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1 Wonya Mawu le Yuda,

eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.

2 Eƒe agbadɔ le Salem,

eye eƒe nɔƒe le Zion.

3 Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo,

akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. Sela

4 Keklẽ geɖe ƒo xlã ,

eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la.

5 Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ;

aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka

magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.

6 O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la,

kple tasiaɖam siaa ɖe teƒe ɖeka.

7 ko wòle be woavɔ̃.

Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?

8 Èɖe gbeƒã afiatsotso tso dziƒo,

anyigba ̃, eye wòzi ɖoɖoe.

9 O! Mawu, esi nètso be yeatso afia,

aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la,

nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela

10 Vavã, dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu,

he kafukafu na , eye ame siwo tsi agbe

le dziku la megbe la dze akɔ anyi.

11 Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la,

eye mixe adzɔgbeɖefeawo;

anyigba siwo katã ƒo xlã mi la

netsɔ nunanawo na Ame si wòle be woavɔ̃ la.

12 Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu;

anyigbadzifiawo katã ̃.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também