Publicidade

Salmos 8

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

1 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,

aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi

ɖe dziƒowo tame.

2 Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo

kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be

nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.

3 Ne mekpɔ wò dziƒowo,

siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo,

ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo,

nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,

4 Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti

kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?

5 Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe,

eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.

6 Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi;

eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.

7 Alẽhawo, nyihawo,

gbemelãwo,

8 dziƒoxeviwo, ƒumelãwo

kple nu siwo katã ƒua tsi

le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.

9 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,

aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-